YouVersion Logo
Search Icon

Yohanes 5

5
Yesu yɔ dɔ ƒe 38 dɔlélaa ɖe le Betesda-ta to.
1Nusia wo megbe la Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiea ɖe ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem. 2Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le. 3Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. — 4Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. — 5Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima. 6Esi Yesu kpɔ eyama le anyimlɔƒe, eye wonyae bena, enɔ anyi alea eteƒe didi la, egblɔ nɛ bena: Ele didim bena, wò lãme nasẽ mahã? 7Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ bena: Aƒetɔ, amea ɖeke mele asinye, bena ne woblu tsia la, wòakɔm ada ɖe ta la me o, ke ne megbɔna la, kasia ame bubu trea emedzedze nam. 8Yesu gblɔ nɛ bena: Tsi tre, naka wò aba dzi, eye nazɔ azɔli! 9Eye ame la ƒe lãme sẽ enumake, eye wòkɔ eƒe aba dzi hezɔ azɔli.
Ke ŋkeke ma enye Sabat. 10Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o. 11Exɔ dzi na wo bena: Amesi na nye lãme sẽ la, eya kee gblɔ nam bena: 12Kɔ wò aba dzi, eye nazɔ azɔli. Wobiae bena: Amekae nye amesi gblɔ na wò bena: Kae dzi, eye nazɔ azɔli mahã? 13Ke amesi ŋu woda gbe le la, menya amesi wònye o; elabena Yesu ɖe eɖokui ɖa le ameha, si le afima la ta. 14Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o. 15Ame la to dzi heyi ɖagblɔ na Yudatɔwo bena, Yesu yenye amesi na yeƒe lãme sẽ. 16Eye le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome, eye wodi be, yewoawui; elabena ewo nusia le Sabat dzi.
Yesu ʋli eɖokui ta.
17Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm. 18Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu. 19Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke. 20Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa. 21Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na. 22Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, 23bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o. 24Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo. 25Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe. 26Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me: 27eye wòna ŋusẽe, be woadrɔ̃ ʋɔnu hã, elabena Amegbetɔvi wònye. 28Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe: 29eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi. 30Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.
31Nye la, ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, ekema nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o. 32Ame bubue nye amesi le ɖase ɖim le ŋutinye, eye menyae bena, ɖase, si ɖim wòle le ŋutinye la, enye nyateƒe. 33Miawo la mieɖo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase na nyateƒe la. 34Ke nye la nyemexɔ ɖaseɖiɖi tso amè gbɔ o, ke mele nusiawo gblɔm, bena míakpɔ ɖeɖe. 35Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me. 36Ke nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa. 37Eye Fofo, si dɔm ɖa la, eyama ɖi ɖase le ŋutinye. Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o. 38Eye eƒe nya menɔ mia me o; elabena amesi eyama dɔ ɖa la, eya dzie miexɔ se o. 39Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye; 40eye mielɔ̃ be, miava gbɔnye, bena míakpɔ agbe o. 41Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o. 42Gake menya mi bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mele mia ŋutɔwo mia ɖokui me o. 43Nye la meva le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi, eye miele xɔyem o; ɖe ame bubu lava le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔa dzi la, ne eya xɔ ge miala. 44Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã? 45Migasusu bena, nye la matso mia nu na Fofo la o; amea ɖe li, si tsoa mia nu, eyae nye Mose, amesi dzi mietsɔ miaƒe nukpɔkpɔ ɖo. 46Elabena ɖe miexɔ Mose dzi se la, ne miaxɔ nye hã dzinye ase; elabena eyama ŋlɔ nya ɖi le ŋutinye. 47Ke ne miexɔ eyama ƒe ŋɔŋlɔawo dzi se o la, aleke lawɔ miaxɔ nye nyawo dzi ase mahã?

Currently Selected:

Yohanes 5: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy