YouVersion Logo
Search Icon

Yohanes 2

2
Srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuɖu le Kana.
1Eye le ŋkeke etɔ̃agbe la woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyuie le Kana, le Galilea, eye Yesu ɖada le afima; 2eye wokpe Yesu hã kple eƒe nusrɔ̃lawo va srɔ̃ɖeƒe. 3Eye esi wein mede wo nu o la, Yesu dada gblɔ nɛ bena: Wein mele wo si o. 4Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o. 5Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe. 6Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃. 7Yesu gblɔ na wo bena: Midu tsi ɖe zɔawo me. Eye woɖui ɖe wo me vaseɖe keke wo to ke. 8Eye wògblɔ na wo bena: Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la. Eye wokui yi nɛ. 9Ke esi nuɖuɖudzikpɔla la ɖo tsi, si trɔ zu wein, kpɔ la, — eye menya afisi wòtso o, hafi subɔla, siwo ku tsi la vɛ la, woawo nyae — tete nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, 10eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi. 11Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se. 12Esia megbe la eya kple dadaa kple nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe Kapernaum, eye wono afima ŋkeke geɖewo.
Gbedoxɔ me dzadzraɖo gbãtɔ.
13Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem. 14Eye wòkpɔ amesiwo le nyiwo kple alẽwo kple akpakpawo dzram kpakple amesiwo le ga ɖuɖɔm la bɔbɔ nɔ anyi le mawuƒe la me. 15Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi; 16eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o! 17Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“ 18Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã? 19Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu. 20Azɔ Yudatɔwo gblɔ bena: Mawuxɔ sia tutu xɔ ƒe blane vɔ ade sɔŋ, eye wò la àgagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃agbe mahã? 21Ke eya la ƒo nu le eƒe ŋutilã ƒe mawuxɔ ŋuti. 22Eye esi wòtsi tre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi bena, egblɔ esia ɖi, eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya, si Yesu gblɔ la, dzi se.
23Eye esi wòle Yerusalem le ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuƒe la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se, esi wokpɔ eƒe dzesi, siwo wòwɔ. 24Ke Yesu ŋutɔ medo ŋu ɖe wo ŋu o; elabena edze si wo katã; 25eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.

Currently Selected:

Yohanes 2: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy