YouVersion Logo
Search Icon

Yohanes 3

3
Yesu ƒe nuƒoƒo kple Nikodemo. Yohanes ɖi ɖase le Kristo ʋã.
1Ke amea de, si tso farisitɔwo dome la li, eŋkɔe nye Nikodemo, eye wònye Yudatɔwo ƒe amegã. 2Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o. 3Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o. 4Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia? 5Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. 6Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye. 7Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o. 8Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me. 9Nikodemo xɔ dzi gblɔ ne bena: Aleke esiawo ate ŋu ava me mahã? 10Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã? 11Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Míeƒoa nu le nusi mienyã la ŋuti, eye mieɖia ɖase le nusi míekpɔ la ŋuti, eye miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi la o. 12Ne megblɔ anyigbadzinuwo ŋutinya na mi, eye miexɔe se o la, aleke lawɔ miaxɔ ase, ne megblɔ dziƒonuwo ŋutinya na mi mahã? 13Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo. 14Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, 15bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. 16Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. 17Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. 18Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o. 19Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. 20Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. 21Ke amesi woa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.
Yohanes ƒe ɖase mlɔe, si woɖi le Yesu ŋu.
22Nusiawo megbe la Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Yudea-nyigba dzi, eye wònɔ afima kpli wo, eye wòde mawutsi ta na amewo. 23Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi geɖe le afima, eye amewo va, eye wona wòde mawutsi ta na wo. 24Elabena womede Yohanes gaxɔ me haɖe o. 25Azɔ nyahehe ɖo Yohanes ƒe nusiawo kple Yudatɔwo dome le ŋutikɔklɔ ŋuti. 26Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ. 27Yohanes ɖo ŋu gblɔ bena: Ame mate ŋu axa naneke o, ne menye ɖe wonae tso dziƒo o. 28Mia ŋutɔwo mieɖi ɖase nam be, megblɔ bena: Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dodo menye le eyama ŋgɔ. 29Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo. 30Eyama latsi de edzi tsã; ke nye la mayi to. 31Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta. 32Nusi wòkpɔ kple nusi wòse la, eya ŋuti wòɖia ɖase lena, eye amea ɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖi la o. 33Amesi le eƒe ɖaseɖiɖi xɔm la, eya ɖo kpe edzi bena, Mawue nye nyateƒetɔ. 34Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o. 35Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me. 36Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.

Currently Selected:

Yohanes 3: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy